Luke 20:27-40

Ame kukuwo ƒe tsitretsitsi kple srɔ̃ɖeɖe

(Mateo 22:23-33; Marko 12:18-27)

27Azɔ Zadukitɔ aɖewo, ame siwo xɔe se be ame kukuwo ƒe tsitretsitsi aɖeke meli o la 28va Yesu gbɔ kple nya sia be, “Mose ƒe se gblɔ be nenye be ŋutsu aɖe ɖe srɔ̃ gake wo kple srɔ̃a medzi vi hafi wòku o la, nɔvia ŋutsu naɖe ahosia eye vi si woadzi la anye ame si ku la tɔ, eye wòavaxɔ ɖe eteƒe nenye be eva tsi 29míenya ƒome aɖe, si me ɖekakpui adre nɔ. Tsitsitɔ ɖe srɔ̃ gake medzi vi aɖeke hafi ku o. 30Ame si dzɔ ɖe eyome la ɖe ahosia gake eya hã medzi vi kplii hafi trɔ megbe o. 31Nu sia yi dzi ʋuu va se ɖe esime ɖekpakpui ewoawo katã ɖe ahosia kpɔ gake ɖeke medzi vi kplii hafi ku o. 32Nyɔnua hã va ku mlɔeba. 33Azɔ míaƒe biabia lae nye be, Ame ka srɔ̃e nyɔnu sia anye nenye be wofɔ tso ku me? Elabena ŋutsuawo katã ɖee kpɔ!”

34Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ame siwo le agbe le xexe sia mee woɖo srɔ̃ɖeɖe anyi na. 35Gake ame dzɔdzɔe siwo woafɔ ɖe tsitre yi dziƒo la womaɖe srɔ̃ o. 36Womagaku hã o, ale woanɔ abe mawudɔlawo ene, eye woanye Mawu viwo, elabena wofɔ wo ɖe tsitre yi agbe yeye mee.

37“Ke le ame kukuwo ƒe tsitretsitsi ŋuti la, Mose gɔ̃ hã gblɔe fia le ŋuve mumu si nɔ bibim la gbɔ, esi woyɔ Mawu be, ‘Abraham ƒe Mawu, Isak ƒe Mawu kple Yakob ƒe Mawu.’ 38Ke menye ame kukuwo ƒe Mawu wonye o ke boŋ ame gbagbewo tɔe, elabena le eya gbɔ wo katã wole agbe nɛ.”

39Sefialawo dometɔ aɖewo gblɔ be, “Nufiala, egblɔe nyuie ŋutɔ!” 40Ale wodzudzɔ woƒe biabiawo elabena dzi megale wo ƒo be woagabia nya ɖekee o.

Copyright information for EweBEE